Mark 2:18-22

Yesu ƒo nu le nutsitsidɔ ŋu

(Mateo 9:14-17; Luka 5:33-39)

18Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo tsia nu dɔna ɣeaɖewoɣi. Gbe ɖeka esi wogatsi nu dɔ alea la, ame aɖewo va Yesu gbɔ va bia nu si ta eya ƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o.

19Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃wo natsi nu adɔ agbe nuɖuɖu le eƒe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋua? Gbeɖe, zi ale si ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔ ko la, womatsi nu adɔ o. 20Gake ŋkeke aɖe li gbɔna esi wole ŋugbetɔsrɔ̃ la kplɔ ge le wo gbɔ, ale woatsi nu adɔ. 21Menyo be woatsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o, elabena ne wowɔe alea la, avɔ yeye la ahoɖa le teƒea eye teƒe si vuvu la alolo ɖe edzi wu. 22Womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o elabena ne wowɔ esia la aha yeyea ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo la awo eye ahaa kple lãgbalẽgolo la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye mee wòle be woakɔ aha yeye ɖo.”

Copyright information for EweBEE